Romans 8

Agbe le Gbɔgbɔ la me

1Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megale ame siwo nye Yesu Kristo tɔ la lalam o. 2Elabena Gbɔgbɔ si naa agbe ƒe ŋusẽ si le menye to Yesu Kristo me la, ɖem tso nu vɔ̃ kple ku sime. 3Womeɖea mí tso nu vɔ̃ ƒe asime to Mawu ƒe seawo nyanya me o, elabena míewɔa seawo dzi o, eye míate ŋu awɔ wo dzi hã o. Ke Mawu wɔ ɖoɖo bubu aɖe ŋudɔ be yeaɖe mí. Eɖo eya ŋutɔ via ɖa wònɔ ŋutilã me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ le míawo ya ƒe ŋutilã ŋu. Eɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe mía dzi la ɖa to eɖokuitsɔtsɔ sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta me. 4Eya ta azɔ la, míate ŋu awɔ Mawu ƒe sewo dzi ne míedze Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome eye míegaɖoa to nu vɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le mía me la o.

5Ame siwo ɖea mɔ woƒe nu vɔ̃wo ƒe dzodzrowo ɖua wo dzi la, nɔa agbe ko be yewoadze yewo ɖokuiwo ŋu, ke ame siwo dzea Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome la, dzea sii be yewole nu siwo dzea Mawu ŋu la wɔm. 6Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yomedzedze kplɔa mí yia agbe kple ŋutifafa me, ke nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa yomedzedze kplɔa ame yia ku me, 7elabena míaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Dzɔdzɔme sia mewɔ Mawu ƒe sewo dzi kpɔ o, eye mawɔe hã o. 8Eya ta ame siwo gale woƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa te kokoko eye wodina be yewoadze dzodzro vɔ̃ɖiwo yome la, mate ŋu adze Mawu ŋu akpɔ o. 9Ke miawo miele nenema o. Ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema miele miaƒe dzɔdzɔme yeye la te. Miɖo ŋku edzi be ame sia ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, ame ma menye kristotɔ o. 10Ke, togbɔ be Yesu Kristo le agbe le mia me hã la, miaƒe ŋutilã aku le nu vɔ̃ ta ke miaƒe gbɔgbɔ ya anɔ agbe elabena Kristo ve enu. 11Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ana miaƒe ŋutilã kukuawo naganɔ agbe le miaƒe ku megbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si le agbe le mia me la dzi.

12Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃awo, se aɖeke mebla mi be miawɔ nu si miaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa di tso mia si be miawɔ o. 13Elabena ne miaganɔ eyome kokoko la, miabu eye miatsrɔ̃, ke ne to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me, mieɖu miaƒe dzɔdzɔme xoxo vɔ̃ɖi la dzi la, mianɔ agbe. 14Elabena ame siwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo.

15Eya ta mele be míanɔ abe kluvi vɔvɔ̃nɔtɔwo ene o, ke boŋ míawɔ nu abe Mawu ŋutɔ vi siwo wòxɔ ɖe eƒe ƒome la me eye míeyɔnɛ be, “Fofo, Fofo” ene. 16Elabena eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒoa nu na mí le míaƒe dzi ƒe gogloƒe ke eye wògblɔna na mí be Mawu viwo míenye vavã. 17Eye esi míenye viawo ta la míakpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me elabena nu siwo katã Mawu naa Via Yesu la, zu míawo hã tɔ azɔ. Ke ne míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ele be míakpɔ gome le eƒe fukpekpe hã me.

Ŋutikɔkɔe si míava xɔ

18Ke fu si míakpe fifia la, menye naneke si woatsɔ asɔ kple ŋutikɔkɔe si woana mí emegbe la kura o. 19Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le lalam na ŋkeke si gbɔna si dzi Mawu afɔ viawo ɖe tsitre. 20Elabena nuwɔwɔ blibo la le teteɖeanyi gã aɖe me, nu si menye eƒe didi o ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ 21be nuwɔwɔ blibo la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.

22Elabena míenyae be dzɔdzɔmenu siwo nye atiwo kple lãwo gɔ̃ hã kpea fu le dɔléle kple ku sime esime wole mɔ kpɔm na nya gã sia ƒe dzɔdzɔ. 23Mí kristotɔwo gɔ̃ hã, togbɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me eye wònye ŋutikɔkɔe si le mía ŋgɔ ƒe ɖeɖefia na mí hã la, míawo hã míedina vevie be woaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe me. Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ma gbe sia gbe. Mawu ana nu siwo nye mía tɔ abe viawo ene la mí. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutilã yeye siwo ŋugbe wòdo na mí. Ŋutilã siawo magalé dɔ o eye womaku gbeɖe o.

24Woɖe mí to xɔse me; xɔse gɔmee nye mɔkpɔkpɔ na nane si mele mía si o la kpɔkpɔ. Mahiã be ame si si nane le xoxo la, nakpɔ mɔ eye wòaxɔe se be yeakpɔ nu ma o. 25Ke ne wòle be míaxɔ Mawu dzi ase le nu si medzɔ haɖe o gome la, dzixɔse sia fiaa mí be míalala kple dzigbɔɖi kpakple kakaɖedzi.

Míewu dziɖulawo

26Nenema ke to míaƒe xɔse me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe xaxawo kple gbedodoɖawo me. Elabena míenyaa nu si míabia to gbedodoɖa me gɔ̃ hã loo alo ale si miado gbe ɖae o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa gbe ɖa ɖe mía ta kple seselelãme si tɔgbi ŋu womate ŋu aƒo nu le o. 27Eye Fofo la, ame si nyaa dziwo katã me la, nyaa nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esime wòɖea kuku ɖe mía ta le nu siwo sɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi la ta. 28Ke míenyae bena le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. 29Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo kee wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. 30Ame siwo wòtia da ɖi la, woawo ke hãe wòyɔ, ame siwo wòyɔ la, woawoe wòtso afia na eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋutie wòkɔ. 31Nu ka gɔ̃ míate ŋu agblɔ tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32Esi Mawu meve nu le Via gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?

33Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu?

Mawue nye afiatsola

34Ekema ame kae abu fɔ mí? Ɖe Kristo awɔ esia? Ao! Elabena eyae nye ame si ku ɖe mía ta eye wògatsi tsitre na mí; ebɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.

35Ame kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ, loo dzɔgbevɔ̃e loo alo yia? 36Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me, wobua mía abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.” 37Ao, le nu siawo katã me míeɖu dzi ʋuu, wòglo to ame si lɔ̃ mí la me. 38Elabena medze sii be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Ku mate ŋui o, agbe hã mate ŋui o. Mawudɔlawo mawɔe o, eye tsĩeƒe ŋutɔ ƒe ŋusẽ katã gɔ̃ hã mate ŋu aɖe mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Míaƒe egbe ƒe vɔvɔ̃wo kple míaƒe etsɔ ƒe dzimaɖeɖiwo 39alo kɔkɔƒe, alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke gɔ̃ hã mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ, me la gbɔ o.

Copyright information for EweBEE